Matthew 15

Le asimaklɔmaklɔ ƒe kɔnu la ŋuti

(Marko 7:1-23)

1Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va bena yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.

2Wobiae bena, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blema kɔnuwo dzi o? Womewɔ kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.” 3Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo hã nu ka tae miaƒe kɔnuwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se gblɔ bena, ‘Bu fofowò kple dawò, ame si tsi tre ɖe edzilawo ŋuti la ku kee wòaku.’ 5Ke miawo miegblɔ bena, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu, 6megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nya dzi wɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena, 8Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. 9Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’”

10Yesu yɔ ameha la eye wògblɔ na wo bena, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala be miase egɔme nyuie. 11Menye nu si nèɖuna lae wɔa wò ame makɔmakɔ o! Ke boŋ nu si nèbuna kple nu si nègblɔna lae.”

12Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔme na Farisitɔwo ŋutɔa?”

13Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la me do o la woahoe kple ke. 14Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kpakple eve la woayi aɖa dze agame.”

15Petro biae be wòaɖe nu si wòwɔnɛ be menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o la me na yewo.

16Yesu biae bena, “Ke miawo hã miese nya sia gɔme oa? 17Mienyae bena nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me eye wodenɛ le nugodo oa? 18Nya vloe doa go tso egblɔla ƒe dzi me eye wòƒoa ɖi amea. 19Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doago tsona. 20Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnua hafi ɖu nu o la maƒo ɖi wò o!”

Kanan nyɔnu la ƒe xɔse

(Marko 7:24-30)

21Yesu dzo le nuto ma me eye wòzɔ mɔ kilometa blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidɔn nutowo me.

22Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie bena, “O, Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me eye wòwɔa fui ɣesiaɣi.” 23Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu kura be nenyae wòadzo. Wogblɔ bena, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le tome vem na mí.”

24Yesu gblɔ na nyɔnua be, “Ɖe wodɔm be mava ɖe Yudatɔwo ɖeɖe ko.”

25Ke nyɔnua te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, vɛ nunye ko!”

26Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”

27Nyɔnua ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”

28Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò”, eye enumake eƒe vinyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.

Yesu yɔ dɔ dɔléla geɖewo

29Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. 30Ameha gã aɖe nye zi va ƒo ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo vɛ nɛ eye wòyɔ dɔ wo katã. 31Enye nu wɔnuku blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe ameha gã la ƒe nu ku eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

Yesu nyi ame akpe ene

(Marko 8:1-10)

32Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒeme dɔmeɣee o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔ dzi.”

33Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu le, le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”

34Yesu gabia wo bena, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adrẽ kple lã vi aɖe koe susɔ.”

35Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba, 36etsɔ abolo adrẽa kple tɔmelãwo eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta, emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adrẽ me, woyɔ fũ. 38Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.

39Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòɖo ʋu la tso ƒua heyi Magadan nutowo me.

Copyright information for EweBEE